Ezekiel 39:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gblɔ na xe ƒomevi vovovowo katã kpakple gbemelãwo katã bena: Miƒo ta kpli, eye miƒo mia ɖokui nu ƒu tso goawo katã me, ne miava nye vɔsa ŋkekenyuie, si ɖu ge mala na mi la ɖu ƒe, aglotutu gã wònye le Israel-towo dzi, eye miaɖu lã ano ʋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: “Ke wò amegbetɔ vi, ƒo nu na xe ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbemelãwo katã be: Miƒo ƒu miava. Mite va tso afi sia afi ne miava ɖu vɔsa ŋkekenyui si medzra ɖo na mi la. Vɔsa ŋkekenyui gã ŋutɔ wònye le Israel ƒe towo dzi, eye miaɖu lã, ano ʋu.