Ezekiel 39:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔwo nadze si be, Israel ƒe aƒe la ƒe vodadawo ta wonyã wo de gbe ɖo; le esi wòtrɔ ʋu le yonyeme ŋuti la, eyata meɣla nye ŋku me ɖe wo, eye metsɔ wo ɖe asi na woƒe ketɔwo, be wo katã wotsi yi nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dukɔwo adze sii be Israel-dukɔ la yi aboyo me le woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta. Elabe wogbugbɔ le yonyeme ale be meɣla nye ŋkume ɖe wo. Metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wowu wo katã kple yi.