Ezekiel 39:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu, esi mena woɖe aboyo wo yi dukɔwo dome, eye megaƒo wo nu ƒu ɖe woƒe anyigba dzi, eye nyemegblẽ wo dometɔa ɖeke ɖe afima o ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu. Elabe mekplɔ wo yi aboyo me le dukɔwo dome, eye megaƒo wo nu ƒu ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Nyemagblẽ wo dometɔ aɖeke ɖe dukɔwo dome azɔ o.