Ezekiel 39:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aƒetɔ Yehowa be: Kpɔ ɖa, egbɔna, eye wòle eme va ge; esia nye ŋkeke, si ŋu meƒo nu le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, egbɔna, woana wòava eme, Aƒetɔ Mawu ye gblɔe. Ŋkeke ma ŋutie meƒo nu le.”