Ezekiel 39:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-duwo me towo ado ayi aɖado dzo, eye woatso aʋawɔnuwo, akpoxɔnu gã kple via, datiwo kple aŋutrɔwo, kpowo kple akplowo ade dzo; woatsɔ wo ado dzoe ƒe adre sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ekema ame siwo le duwo me le Israel la ado aɖado dzo kple aʋawɔnuawo woafiã. Woatsɔ akpoxɔnu gãwo kple sueawo, datiwo kple aŋutrɔwo, kpowo kple akplɔwo, ado dzoe ƒè adrẽ.