Ezekiel 4:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete megblɔ be, “Ao, Yehowa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ haɖe o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifia la, nyemeɖu nu kuku aɖeke alo lã si lã wɔadãwo vuvu la kpɔ o. Lã makɔmakɔ aɖeke mege ɖe nye nu me kpɔ o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete megblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemegblẽ ko ɖo na ɖokuinye kpɔ o, nyemeɖu lã kuku alo lã, si nu vuvu la, tso nye ɖevime vaseɖe egbe o, eye lã ƒaƒã mede nye nu me kpo o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete megblɔ be: “Ao, Aƒetɔ Mawu! Kpɔ ɖa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifi la, nyemeɖu lã si ku le eɖokui si, alo esi lã aɖe vuvu la kpɔ o; lã vóvo mede nye nu me kpɔ o.”