Ezekiel 4:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Tsɔ bli, lu, ayi, ƒo kple mɔlu dzra ɖo ɖe ze me, tsɔ wo nàƒo aboloe na ɖokuiwò, eye nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) siwo me nàmlɔ axadzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wò la tso bli, lu, gbagbayi, ayi, ƒo kple meli de ze me, eye natsɔ wo aƒo aboloe na ɖokuiwò, ne naɖu le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke, siwo nemlɔ wò axa dzi la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke wò la tsɔ bli, lu, gbagbayi, ayi, ƒo kple mɔli de ze ɖeka me ahaƒo aboloe. Nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ bla asieke siwo me nèmlɔ wò axa dzi la.