Ezekiel 40:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Xɔvi etɔ̃ le axa ɖe sia ɖe dzi. Eƒe domegliwo kple akpata la ƒe didime kple woƒe kekeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔwo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Xɔvi etɔ̃ le eƒe axa ɖeka, eye wo ame etɔ̃ le axa evelia, eƒe domegliwo kple akpata la ƒe dzidzeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔ; edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blave vɔ atɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔvi etɔ̃etɔ̃ le eƒe axawo kple eve dzi. Domegliawo kple akpata la ƒe dzidzeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔ. Wodidi meta bla eve vɔ atɔ̃ hekeke meta wui eve kple afã.