Ezekiel 40:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu ƒo xlã kpe ɖo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata le abe dzidzeme kemeawo ene, fesrewo le eya kple eƒe akpata ŋu godoo va kpe; edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blave vɔ atɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe xɔviwo, domegliawo kple akpata la ƒe dzidzeme le abe bubuawo tɔ ene. Fesrewo ƒo xlãe kpe ɖe eƒe akpata la ŋuti. Eƒe didime nye meta bla eve vɔ atɔ̃, eye eƒe kekeme le meta wui eve kple afã.