Ezekiel 40:42 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kplɔ̃ ene bubu hã gali siwo wowɔ kple kpe fufuwo hena numevɔsawo; ɖe sia ɖe didi mita ɖeka, keke mita ɖeka, eye wòkɔ mita afã. Woawo dzie wodaa gagbawo ɖo hena numevɔsalãwo kple vɔsa bubuwo ƒe lãwo wuwu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ kpe fufuwo wɔ kplɔ̃ ene ɖe numevɔsa ŋu, wodidi abɔklugui ɖeka kple afã, wokeke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wokɔ abɔklugui ɖeka, woawo dzi woatsɔ hɛ, siwo wotsɔna wua numevɔsalã kple akpedavɔsalã la ada ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsɔ kpe siwo wofú la wɔ kplɔ̃ ene hena numemevɔsawo. Woƒe kekeme kple didime le sentimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃, eye wokɔ sentimeta bla atɔ̃. Woawo dzie wotsɔa hɛ siwo wotsɔna wua vɔsalãwo la dana ɖo.