Ezekiel 40:43 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woklã nu siwo woatsɔ nuwo akui, eye nu eve li na ɖe sia ɖe la ɖe gliawo ŋu kpe ɖo. Ɖe sia ɖe didi abe asi ɖeka ene. Kplɔ̃awo li na vɔsawo ƒe lãwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖo to na kplɔ̃awo godoo va kpe wòkɔ asi ƒe kekeme ɖeka, eye woawo dzi wodaa vɔsalãwo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo ga gɔdɔ̃ewo, asi ƒe kekeme ɖeka, ɖe kplɔ̃awo to, wobi ɖo ɖe eme. Nu siawo keke milimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃. Kplɔ̃ siawo dzie woada vɔsalãwo ɖo.