Ezekiel 40:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete wòyi agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòyi ɖe agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la nu, eflɔ eƒe atrakpuiwo, eye wodzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wòge ɖe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe mɔnu si de eme meta etɔ̃.