Ezekiel 40:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dzɔlawo ƒe nɔƒe didi dzidzeti ɖeka hekeke dzidzeti ɖeka. Gli siwo do ɖa ɖe nɔƒeawo dome la tri mita eve kple afã, eye teƒe si le agboa nu yi yaxɔƒe si dze ŋgɔ gbedoxɔa la keke dzidzeti ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye xɔvi, siwo le agbo la ƒe axawo kple eve dzi ƒe ɖesiaɖe didi dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka. Teƒe, si le xɔviawo domee, le abɔklugui atɔ, eye agbo metɔ ƒe agbali, si xe ɖe agbo la ƒe akpata ŋu, le dzidzeti ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔvi siwo nɔ agboa ƒe axawo dzi la didi meta etɔ̃, eye wòkeke meta etɔ̃. Teƒe si nɔ xɔviawo dome la keke meta eve kple afã, eye agbo si le eme le akpata ƒe mɔnu keke meta etɔ̃.