Ezekiel 41:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Axadzixɔawo le ɖoɖo etɔ̃ me, ɖoɖo ɖeka le nɔvia tame, eye xɔ blaetɔ̃ le ɖoɖo ɖe sia ɖe me. Wonɔ gbedoxɔ la ƒe gliwo ŋu be, woalé axadzixɔawo ɖe asi ale be léɖeasiwo mege ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Xɔŋuxɔeawo le blaetɔ̃ teƒe etɔ̃ le wo nɔewo ta me, womimi ɖe gli, si woɖo ƒo xlã xɔ la godoo hena xɔviawo la ŋu, ne wòalé wo ɖe te sesĩe, ke womemimi ɖe xɔ la ŋutɔ ƒe gli ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔŋuxɔeawo de bla etɔ̃, eye wo katã nye tuɖedzi etɔ̃, etɔ̃. Womimi ɖe gli si woɖo ƒo xlã xɔ la godoo hena xɔviawo la ŋu, be woalé wo ɖe te sesĩe, ale be menye gbedoxɔ la ƒe gliwoe lé wo ɖe te o.