Ezekiel 41:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mekpɔ be woƒu kpo ƒo xlã gbedoxɔ la wòzu gɔmeɖokpe na axadzixɔawo. Ekeke abe dzidzeti la ƒe didime ene: mita etɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mekpɔ kpoƒuƒu le xɔ la ŋu godoo va kpe, si nye xɔŋuxɔeawo ƒe gomeɖoɖo, ele dzidzeti ɖeka, si nye abɔklugui ade.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mekpɔ hã be woƒu kpo ɖe gbedoxɔa ŋu godoo va kpe. Woawoe nye xɔŋuxɔeawo ƒe gɔmeɖoɖo siwo tri dzidzeti ɖeka alo meta eve.