Ezekiel 42:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ nam be: “Xɔvi siwo le dzigbeme kple anyigbeme, siwo dze ŋgɔ teƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo la nye xɔvi kɔkɔewo. Afi siae nunɔla siwo tena ɖe Aƒetɔ ŋu la, aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woada vɔsanu kɔkɔeawo ɖo: nuɖuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖiɖivɔsa ɖo. Elabe teƒe kɔkɔe ye.