Ezekiel 42:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne nunɔlawo ge ɖe kɔkɔeƒea me la, womado ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ o, ke boŋ woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe afima, elabena nu kɔkɔewo wonye, eye woaɖo awu bubuwo hafi ayi teƒe, si woɖo ɖi na dukɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye be nunɔlawo ge ɖe teƒe kɔkɔea la, womado go kple awu siwo wotsɔ subɔ le kɔkɔeƒe la, ayi ɖe xɔxɔnu si le kɔto la o. Elabe nu kɔkɔewo wonye. Woaɖɔli awu bubuwo ado hafi ado go age ɖe afi si nye dukɔmetɔwo tɔ.”