Ezekiel 42:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòwɔ nu siwo nɔ gbedoxɔ la gbɔ vɔ la, ekplɔm do goe to ɣedzeƒegbo la me, eye wòdzidze teƒe si ƒo xlã afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòdzidze xɔ metɔ vɔ la, ekplɔm to agbo, si le ɣedzeƒe gome la nu, eye wòdzidze wo katã godoo va kpe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ esi wòdzidze gbedoxɔ la me vɔ la, ekplɔm do goe to agbo si le ɣedzeƒe gome la nu, eye wòdzidze gbedoxɔ la ƒe nɔƒe godoo va kpe.