Ezekiel 42:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wòdzidze akpa eneawo katã. Gli aɖe ƒo xlãe; gli la didi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250), keke mita alafa eve kple blaatɔ̃, eye wòma kɔkɔeƒe la ɖa tso teƒe bubuawo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Edzidzee le go eneawo me, eye gli ƒo xlãe godoo va kpe didi abɔklugui alafa atɔ, eye wòkeke abɔklugui alafa atɔ, ne wòatso nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edzidze akpa eneawo. Gli ƒo xlãe; glia didi meta alafa eve bla atɔ̃ hekeke meta alafa eve bla atɔ̃. Wowɔe be nu siwo le kɔkɔe la ma ɖa tso esiwo mekɔ o la, gbɔ.