Ezekiel 43:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne woƒe nuwɔnawo katã kpe ŋu na wo la, ekema ɖe xɔ la ƒe nɔnɔme kple etutume, eƒe mɔnuwo kple ʋɔtruwo, eƒe nɔnɔmewo katã, eƒe ɖoɖowo katã kple sewo katã fia wo, eye naŋlɔ wo le wo ŋku me, ne woadzra eƒe nɔnɔmewo katã kple eƒe ɖoɖowo katã ɖo, eye woawɔ wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne nu siwo katã wowɔ kpe ŋu na wo la, ɖɔ gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, ɖoɖo si me wòle, eƒe mɔnu siwo wotona gena ɖe eme kple esiwo wotona doa go kpakple eƒe nɔnɔme blibo la katã na wo. Na ne woanya eƒe ɖoɖowo kple sewo katã. Ŋlɔe ɖe anyi le wo ŋkume, ale be woalé ŋku ɖe wo ŋu awɔ woƒe sewo kple ɖoɖowo katã dzi.