Ezekiel 43:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Esiawoe nye vɔsamlekpui la ƒe dzidzeme. Eƒe tsitoƒe de eme mita afã, eye wòkeke mita afã; woɖo to nɛ si kɔ asiƒo afã. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme le ale:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vɔsamlekpui la ƒe dzidze enye si le abɔklugui nu; abɔklugui ɖeka tsɔ asi ƒe kekeme wu abɔklugui hahoo tɔ: Eƒe zɔ kɔ abɔklugui ɖeka, eye wòkeke abɔklugui ɖeka; woɖo to nɛ ƒo xlãe wòkeke asi ɖeka. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme enye si:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Vɔsamlekpui la ƒe dzidzeti nye meta afã (dzidzeme sia le abe sentimeta bla adrẽ ene)” Eƒe anyinɔ kɔ sentimeta bla atɔ̃, eye wòkeke sentimeta bla atɔ̃. Etogawo keke sentimeta bla eve. Esia nye vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme.