Ezekiel 43:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tso tsitoƒe si le anyigba va se ɖe kɔ etetɔ ŋu le mita ɖeka, eye wòkeke mita afã. Tso kɔ suetɔ gbɔ va se ɖe kɔ gãtɔ gbɔ la kɔ mita eve, eye wòkeke mita afã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tso eƒe zɔ, si le anyigba gbɔ, vaseɖe kɔ etetɔ ŋu le abɔklugui eve, eye wòkeke abɔklugui ɖeka; tso kɔ suetɔ gbɔ vaseɖe kɔ gãtɔ ŋu le abɔklugui ene, eye wòkeke abɔklugui ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tso eƒe anyinɔ dzi va se ɖe kɔ si le anyigbeme nye meta ɖeka, eye wòkeke meta afã. Tso kɔ suetɔ dzi va se ɖe kɔ gãtɔ dzi nye meta eve, eye wòkeke meta afã.