Ezekiel 43:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kɔ yametɔ hã sɔ le didime kple kekeme me, eye ɖe sia ɖe didi mita adre, woɖo to nɛ ƒo xlã wòkɔ mita afã ƒe afã. Tsitoƒe la de eme mita afã ƒo xlã va kpe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo dze ŋgɔ ɣedzeƒe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kɔawo didi abɔklugui wuiene, eye wokeke abɔklugui wuiene le woƒe go eneawo; to, si woɖo nɛ ƒo xlãe la, le abɔklugui afã, eye eƒe zɔ la le abɔklugui ɖeka godoo va kpe. Eƒe atrakpuifɔflɔwo dze ŋgɔ ɣetodoƒe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kɔawo hã didi meta adrẽ hekeke meta adrẽ. To si woɖo nɛ ƒo xlã la le sentimeta bla eve vɔ atɔ̃, eye eƒe anyinɔ nye meta afã ƒo xlãe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo nadze ŋgɔ ɣedzeƒe.”