Ezekiel 43:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema natsɔ nyitsuvi ɖeka na nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wokpɔ mɔ ate ɖe ŋunye, ne woasubɔm la, be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔe; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
àtsɔ nyitsu ɖeka na nunɔla siwo nye Levi viwo tso Zadok ƒe ƒome, siwo tena ɖe ŋunye hesubɔam la, ne woatsɔ asa nuvɔ̃vɔsae. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.