Ezekiel 43:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe lɔƒo va. Eƒe vava ƒe ɖiɖi nɔ abe tɔ geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba klẽ.