Ezekiel 43:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke eveagbe la natsɔ gbɔ̃tsu, si sɔ blibo la, asa nuvɔ̃vɔe, eye woatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋuti, abe alesi wotsɔ nyitsu ɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋui ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke evea gbe la, nàtsɔ gbɔ̃tsu si sɔ blibo la awɔ nuvɔ̃vɔsae. Ale be vɔsamlekpui la ŋuti nakɔ abe ale si nyitsu la ƒe ʋu wɔe ene.