Ezekiel 43:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nusi mekpɔ la, le abe esi mekpɔ, esime meva dua gblẽ ge la ene, eye nɔnɔmeawo le abe esiwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene. Tete metsyɔ mo anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutega si mekpɔ la nɔ abe esi mekpɔ esi wòva be yeatsrɔ̃ du la ene, eye enɔ abe nɔnɔme si mekpɔ le Kebar-tɔsisi la to ene. Tete metsyɔ mo anyi.