Ezekiel 43:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Amevi, esia enye nye fiazikpui nɔƒe kple nye afɔƒome ɖoƒe, afisi manɔ le Israel-viwo dome tegbee, eye Israel ƒe aƒe la, woawo kple woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ le woƒe nuxeƒewo kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, afi siae nye nye fiazikpuinɔƒe kple nye afɔɖoƒe, afi si manɔ tegbee le Israel-dukɔ la me. Israel-dukɔ la magagblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔ akpɔ o. Woawo ŋutɔ loo, alo woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fia siwo ku la, agblẽ kɔ ɖo nam o.