Ezekiel 43:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo nu, eye gli koe tso nye kpli wo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la to woƒe ŋukpenanuwo wɔwɔ me. Ale metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, eye wotsɔ woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo xa, ale be gli koe tso mía kple wo dome; eye wotsɔ woƒe ŋunyɔnu, siwo wowɔ la, do gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, ale be metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsɔa woƒe kpuiwo ɖoa nye kpui nu, tsɔa woƒe ʋɔtrutiwo ɖoa nye ʋɔtruti xa, si wɔe be gli koe ma nye kple wo dome. Wogblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe ŋunyɔnu siwo wowɔ la, ale be metsrɔ̃ wo le nye dziku me.