Ezekiel 44:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wosubɔ wo le woƒe legbawo ŋku me, eye wokplɔ Israel ƒe aƒe la de vodada me la, eyata mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu, ka atam bena: Ne womatsɔ woƒe vodadawo o fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be esi wosubɔ wo le woƒe legbawo gbɔ, eye wotrɔ zu nukikli na Israel-dukɔ la wòwɔ nuvɔ̃ ta la, meka atam ɖe wo ŋu be woahe to na wo.