Ezekiel 44:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ke nunɔlaawo, ame siwo nye Levitɔwo kple Zadok ƒe dzidzimeviwo, eye wowɔ woƒe dɔdeasiwo le nye kɔkɔeƒe la kple nuteƒewɔwɔ esime Israelviwo tra mɔ tso gbɔnye la, ate va, eye woasubɔ le nye ŋkume. Woatsi tsitre ɖe nye ŋkume be woasa vɔ kple lãmi kple ʋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke nunɔla siwo nye Levi viwo tso Zadok ƒe ƒome la me, ame siwo subɔ le nye kɔkɔeƒe la esime Israelviwo tra le yonyeme la, woate ɖe ŋunye asubɔm. Woatsi tsitre ɖe ŋkunye me atsɔ ami kple ʋu asa vɔe nam. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.