Ezekiel 44:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wole dodo ge ayi dukɔ la gbɔ le xɔxɔnu kɔtoetɔ la, woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe xɔvi kɔkɔeawo me, eye woado awu bubuwo, ne womagatsɔ woƒe awuwo ana dukɔ la ŋu nakɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye be wodo go yi ɖe dukɔ la gbɔ le xɔxɔnu si le kɔto la, ele be woaɖe awu siwo me wonɔ subɔ la da ɖe xɔvi kɔkɔeawo me, eye woado awu bubuwo; ne womagatsɔ woƒe awu awɔe be dukɔ la ŋuti nakɔ o.