Ezekiel 44:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woabɔbɔ nɔ anyi ɖe dzrenyawo ŋu, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ɖe nye ɖoɖowo nu; woalé ŋku ɖe nye sewo, nye ɖoɖowo kple nye ŋkekenyuiewo katã ŋu, eye woakɔ nye dzudzɔgbe la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woawoe adrɔ̃ nya ne dzre dzɔ, eye woadrɔ̃e ɖe nye ɖoɖowo nu. Woakpɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi le ŋkekenyui siwo katã meɖo la dzi, eye ele be woawɔ nye dzudzɔgbe la wòanɔ kɔkɔe.