Ezekiel 44:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womegayi ame kuku gbɔ, ne woagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui o; negbe wo fofo kple wo dada, wo viŋutsu kple wo vinyɔnu, wo nɔviŋutsu kple wo nɔvinyɔnu, si meɖe srɔ̃ o la ŋu ko wokpɔ mo agblẽ kɔ ɖo le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele be woate ɖe ame kuku ŋuti agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui o. Ke woate ŋu awɔe nenye be wo tɔ́ alo wo nɔ, wo viŋutsu alo wo vinyɔnu, wo nɔviŋutsu alo wo nɔvinyɔnu si meɖe srɔ̃ o la ku.