Ezekiel 44:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Nye koe anye domenyinu si anɔ nunɔlawo si. Mele be miana nunɔamesi aɖeke wo le Israel o. Nyee anye woƒe nunɔamesi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woƒe domenyinu enye si. Nye ŋutɔe nye woƒe domenyinu; migana gomea ɖeke wo le Israel o, nye ŋutɔe nye woƒe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Domenyinu aɖeke manɔ wo si o. Nyee nye woƒe domenyinu, eye migana gomekpɔkpɔ aɖeke wo le Israel o. Nyee nye woƒe gome.