Ezekiel 44:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amegã la nebɔbɔ nɔ anyi ɖe eme, ne wòaɖu nu le Yehowa ŋku me. Agbo la ƒe akpata ƒe axa dzi wòato ava eme, eye afima ke wòato ado go.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amegã la koe ate ŋu anɔ eme aɖu abolo le Aƒetɔ ŋkume. Ele be wòato agbo la ƒe akpata la xa age ɖe eme, eye wòagado to afi ma ke.”