Ezekiel 44:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe wòkplɔm to anyiehegbo la nu yi gbedoxɔ la nu, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; tete metsyɔ mo anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekplɔm emegbe to agbo si le dzigbeme me heva gbedoxɔ la nu, eye kpɔ ɖa, esi melé ŋku ɖe eŋu la, mekpɔ Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la taŋ. Tete metsyɔ mo anyi.