Ezekiel 44:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe miekplɔa amedzrowo, bolobolotɔwo kple ame siwo gbe dzimetɔtrɔ la, vaa nye kɔkɔeƒe la hegblẽa kɔ ɖo nɛ; ne mietsɔ ami kple ʋu sa vɔe hetsɔ nye nuɖuɖu nam la. Mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuawo katã ŋu.