Ezekiel 45:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne miemã anyigba la wònye mia tɔ la, ekema miɖe adzo le anyigba la ŋu wòanye nu kokoe na Yehowa, eƒe didime nanye abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye woakeke abɔklugui akpe blave; eŋu nekɔ le eƒe goawo katã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne miema anyigba la na mia ɖokui la, miɖe akpa aɖe ɖe aga le anyigba la ŋu, teƒe ma katã nanye nu kɔkɔe na Aƒetɔ. Eƒe didime nanye kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa ewo. Teƒe ma katã nanye teƒe kɔkɔe.