Ezekiel 45:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woaɖe alẽ ɖeka le alẽ alafa eve ŋu tso Israel ƒe lãnyiƒe damawo ɖe nuɖuvɔsa, numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu, ne woatsɔ alé avui, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaɖe alẽ ɖeka le alẽha alafa eve ɖe sia ɖe ŋu, tso lãnyiƒe siwo da ama, le tsi ta, le Israel. Woatsɔ lã siawo awɔ nuɖuɖuvɔsa, numemevɔsa kple akpedadavɔsa atsɔ lé avui na wo. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.