Ezekiel 45:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woaɖe abɔklugui alafa atɔ̃ le esia ŋu wòano dzogoe ene me hena kɔkɔeƒe la, eye woatso teƒe ɖi ɖe eŋu aƒo xlãe godoo ava kpe wòanɔ abɔklugui blaatɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaɖe teƒe si sɔ le akpa eneawo katã la da ɖi na kɔkɔeƒe la. Nedidi, eye wòakeke meta alafa eve bla atɔ̃. Woatso teƒe ɖi aƒo xlãe godoo esi akeke meta bla eve vɔ atɔ̃.