Ezekiel 45:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nu kɔkɔe wònye tso anyigba la ŋu; nunɔla, siwo le subɔsubom le kɔkɔeƒe la, amesiwo fena ɖe Yehowa ŋu, ne woasubɔe la to wòanye; xɔteƒe wòanye na wo, eye teƒe kɔkɔe wònye kpe ɖe kɔkɔeƒe la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya lanye anyigba la ƒe kɔkɔeƒe. Anye nunɔla siwo subɔna le kɔkɔeƒe la, eye wotena ɖe Aƒetɔ ŋu be yewoasubɔe la tɔ. Afi mae woatso woƒe aƒewo kple kɔkɔeƒe la ɖo.