Ezekiel 45:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mitsɔ du la ƒe anyigba na Israel ƒe aƒe blibo la wòakeke abɔklugui akpe atɔ̃, eye wòadidi abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, woa kple adzo kɔkɔe la nanɔ akasa ɖeka nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Woaka anyigba ɖe teƒe kɔkɔe la xa na Israel-dukɔ blibo la be woatso du ɖe edzi. Nedidi kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa eve kple afã.”