Ezekiel 45:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miana anyigba amegã la ɖe akpa eveawo dzi ɖe anyigba kɔkɔe la kple du la ƒe anyigba ƒe akpa dzi wòaƒo go kple anyigba kɔkɔe la le ɣetoɖoƒe gome kpakple du la ƒe anyigba le ɣedzeƒe gome, eƒe didime nanɔ akasa ɖeka nu kple anyigba, si le ɣetoɖoƒe kple ɣedzeƒe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegã la naxɔ anyigba ɖe kɔkɔeƒe la kple dukɔ la ƒe akpa eveawo le ɣetoɖoƒe kple ɣedzeƒe. Eƒe didime nesɔ kple toawo ƒe gomewo, eye wòazɔ tso ɣetoɖoƒe va yi ɣedzeƒe ƒe liƒo dzi.