Ezekiel 46:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Xɔxɔnu metɔ ƒe agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la, nano dodo le gbedzrogbe-ŋkeke adeawo dzi, ke woaʋui le dzudzɔgbe kple dzinu yeye dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: “Woatu xɔxɔnu si le eme, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la ƒe agbo le dɔwɔŋkeke adeawo dzi. Ke woaʋui le dzudzɔgbe kple dzinu yeye dzi.