Ezekiel 46:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkekenyuiewo dzi kple ŋkekenyuiewo ƒe takpegbewo la nuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu eye efa ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le ŋkekenyuiwo dzi kple azãɖugbewo la, nuɖuɖuvɔsa si kpe ɖe nyitsuvi la ŋu la nanye efa ɖeka. Nenema ke wòanɔ le agbo la hã gome, eye alẽviawo tɔ la, woawɔe le ame ƒe ŋutete nu hekpe ɖe ami lita etɔ̃ ŋu na bli efa ɖeka ɖe sia ɖe.