Ezekiel 46:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyi ne amegã la be, yeasa numevɔ alo akpedavɔ na Yehowa le eɖo kui si la, ekema woaʋu agbo, si ɖe ta ɣedzeƒe gome la nɛ, eye wòase eƒe numevɔ kple akpedavɔ, abe alesi wòwɔna le dzudzɔgbe ene, emegbe wòado go, eye ne edzo la, ekema woatu agbo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye be amegã la ɖo be yeasa vɔ faa ko, eɖanye numemevɔsa loo, alo akpedadavɔsa kple lɔlɔ̃nu faa na Aƒetɔ la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ, eye wòana woasa vɔ la nɛ abe ale si wòwɔnɛ le dzudzɔgbe lae ene. Emegbe la, ele nɛ be wòado go, eye ne edo go la, woatu agbo la.”