Ezekiel 46:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne ena eƒe anyigbaa ɖe eƒe kluviwo dometɔ ɖeka la, ekema nenye etɔ, vaseɖe esime ablɔɖeƒe naɖo, emegbe wòagayi ɖe amegã la si me; negbe viawo ƒe domenyinu koe atsi wo si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne ewɔ nunana na eƒe subɔlawo dometɔ aɖe la, anye etɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la me. Ekema wòagatrɔe na amegã la. Viawo koe kpɔ mɔ axɔ eƒe nunana la wòatsi wo si me.