Ezekiel 46:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amegã la megaka dukɔ la ƒe anyigba, ne wòaxɔ woƒe anyigba le wo si sesẽ o, ke boŋ netsɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba na viawo, ne wòanye wo tɔ, ne nye dukɔ la dometɔa ɖeke magaka hlẽ tso eƒe anyigba dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amegã la mekpɔ mɔ axɔ amewo ƒe domenyinu le wo si ahanyà wo ɖa sesẽtɔe le woƒe nunɔamesiwo gbɔ o. Eya ŋutɔ ƒe domenyinu ko wòkpɔ mɔ atsɔ na viawo, ale be womaxɔ nye dukɔmetɔ aɖeke ƒe nunɔamesi le esi o.”