Ezekiel 46:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amegã la nato agba la ƒe akpata nu le gota gome age ɖe eme ahatsi tre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti ŋu, eye ne nunɔlawo le eƒe numevɔ kple akpedavɔ sam la, wòano gbe dom ɖa le agbo la ƒe agbali nu, emegbe wòadzo; ke womegado agbo la vaseɖe fiẽ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amegã la nato agbo la ƒe akpata nu le gota, eye wòage ɖe eme, ava tɔ ɖe agboa ƒe ʋɔtruti ŋu anɔ tsitre. Nunɔlawo nanɔ eƒe numemevɔsa kple akpedadavɔsa wɔm, eya nanɔ gbe dom ɖa le agboa ƒe agbalinu. Emegbe la, ele nɛ be wòado go adzo, ke womatu agbo la o, va se ɖe fiẽ.